Matthew 24:36-44

36Ame aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si dzi nuwuwua ava o mawudɔlawo gɔ̃ hã menyae o Mawu Vi la ŋutɔ gɔ̃ hã menyae o, negbe Fofonye ɖeka hɔ̃ ko.

Ame aɖeke menya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o

(Marko 13:32-37; Luka 17:26-30, 34-36)

37“Abe ale si wòdzɔ le Noa ŋɔli ene la, nenema woanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vava ɣeyiɣi me.

38“Elabena le ŋkeke siwo do ŋgɔ na tsiɖɔɖɔ me la, ameawo nɔ nu ɖum, nɔ nu nom, nɔ srɔ̃ɖem eye woasɔa ame nana be woaɖe, va se ɖe ŋkeke si dzi Noa ge ɖe aɖakaʋu la me, 39eye womenya nu si gbɔna dzɔdzɔ ge o, va se ɖe esime tsiɖɔɖɔ la va eye wòkplɔ wo katã dzoe. Nenemae wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vavaɣi.

40“Ame eve anɔ agble me anɔ dɔ wɔm, woava kplɔ ɖeka dzoe agblẽ ɖeka ɖi.

41“Nyɔnu eve anɔ bli tum le te dzi, woatsɔ ɖeka agblẽ evelia ɖi.

42“Eya ta minɔ ŋudzɔ elabena mienya gbe sigbe miaƒe Aƒetɔ la ava o.

43“Ne ame aɖe medi be fiafitɔ neva fi yeƒe nuwo le zã me o la, enɔa ŋudzɔ na fiafitɔ la ƒe vava, 44eya ta miawo hã minɔ ŋudzɔ be nyemava lili mi o.

Copyright information for EweBEE